Revelation of John 3

Gbedeasi na Sardis Hame la

1“Ŋlɔ na Sardis Hame la ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo, wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake la eku 2Nyɔ, do ŋusẽ nu siwo susɔ eye wole kumɔdzi la elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o. 3Eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ eye nèse la dzi, wɔ edzi eye nàtrɔ dzime. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene eye mànya ga si me mava gbɔwò o.

4“‘Ke hã la, ame ʋe aɖewo le asiwo le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim eye woanɔ awu ɣiwo me elabena wodze nɛ. 5Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume. 6Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’

Gbedeasi na Filadelfia Hamea

7“Ŋlɔ na Filadelfia hame la ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 8Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la, ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue ke hã la èlé nye nya me ɖe asi eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. 9Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la nava dze anyi ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò. 10Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexeame katã dzi be woado anyigbadzinɔlawo akpɔ la me. 11Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wo fiakuku la le asiwò o.

12“‘Amesi aɖu dzi la, mawɔe woazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ dedie eye magado go o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu eye woazu dumevi atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeyea me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye Ŋkɔ yeyea ɖe ame sia ŋu.

13“‘Ame sia ame si to senu li na la, ese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’

Gbedeasi na Laodikea Hame la

14“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla:

“‘Nya siawo tso ame si le tsitre sesĩe, ame si nye Ɖasefo nuteƒewɔla kple anukwaretɔ le nu siwo le fifia, kple nusiwo nɔ anyi kpɔ kpakple nusiwo le vavage ŋu la, ame si li kple Mawu tso eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedzea me la gbɔ.

15“‘Menya wò nyuie be mefa o eye mexɔ dzo hã o. Madi be nafa alo naxɔ dzo hafi! 16Ke esi nèle evedomesi alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me!

17“‘Ègblɔ be, “Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!” Ke menyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ eye yele amama o.

18“‘Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ, si ŋu wokɔ kple dzo la, le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye ale be maganɔ amama eye ŋu nakpe wò o. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàƒle atike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu eye nàgakpɔ nu. 19Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu. Eya ta ele be mahe to na wò negbe ɖe ko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu eye natsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.

20“‘Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu eye mele eƒom madzudzɔmadzudzɔe. Ne ame aɖe see mele eyɔm eye woʋu ʋɔa nam la, mage ɖe eme eye mi kplii miade asi agba me aɖu nu ɖekae.

21“‘Mana ame sia ame si aɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene. 22Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’”

Copyright information for EweBEE